John 8

Nyɔnu si wolé le ahasiwɔwɔ me

1Yesu trɔ dzo yi Amito la dzi. 2Gake esi ŋu ke ko la egatrɔ va gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo zi ɖe eŋu, eye wobɔbɔ nɔ anyi hefia nu wo. 3Esi wònɔ nu ƒom la, Yudatɔwo ƒe dumemegãwo kple Faristitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ eye wokplɔe da ɖe ameawo titina.

4Azɔ wogblɔ na Yesu be, “Nufiala, míelé nyɔnu sia, asiasii wònɔ ahasi wɔm. 5Mose ƒe se gblɔ bena, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woawui. Ale ke nèkpɔ tso nya sia ŋu?”

6Ame siawo bia biabia sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke ɖe ko Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nui ɖe anyigba. 7Ameawo ganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo, eya ta efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be, “Enyo, miƒu kpe nyɔnu sia ne woaku, gake ame si ŋu nu vɔ̃ aɖeke mele o la netre kpea ƒuƒui.”

8Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ ko la, ebɔbɔ ta eye wogade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba. 9Esi wose esia la, wode asi bubu me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnua kple ameha la koe susɔ.

10Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnua be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã meƒu kpe wò oa?”

11Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku, oa.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi eye tso esia dzi la mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o.”

Yesue nye xexeame ƒe Kekeli

12Yesu gaƒo nu na ameawo eye wògblɔ be, “Nyee nye xexeame ƒe Kekeli la. Eya ta ne ame aɖe dze yonyeme la mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.”

13Farisitɔ siwo nɔ afi ma la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, ɖokuiwò ko dom nèle ɖe dzi. Wò ɖaseɖiɖiwo nye alakpa sɔŋ ko.”

14Yesu ɖo eŋu na wo be, “Togbɔ be mele ɖase ɖim le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Elabena nye la menya afi si metso kple afi si meyina, ke miawo la mienya afi si metso alo afi si meyina o. 15Miawo la miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la nyemele ʋɔnu drɔ̃m ame aɖeke o 16gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe le go sia go me, elabena nye kple Fofo si dɔm ɖa lae le edrɔ̃ ge. 17Miaƒe see gblɔ be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nya aɖe ŋu sɔ ko la, woaxɔe be nyateƒe. 18Nenema ke nye kple fofonye hã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka, eya ta nye nyawo nye nyateƒe.”

19Ameawo biae be, “Afi kae fofowòa le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la mienya ame si menye o, eya ta mienya ame si nye Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.” 20Togbɔ be Yesu gblɔ nya siawo le gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe hã la, ame aɖeke mete kpɔ be yealée o elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o.

Afi si yim mele la, miate ŋu ava o

21Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge, miadim gake miakpɔm o, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me, eye afi si meyina hã la miate ŋu ava o.”

22Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle susu wɔm be yeawu ye ɖokuia? Nu ka tututue wòwɔnɛ esi wògblɔ be, ‘Miawo la miate ŋu ava afi si nye la meyina o’?”

23Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye ke nye la, nyemetso xexe sia me o. 24Esia tae megblɔ na mi be miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Le nyateƒe me ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.”

25Ameawo gabia be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.”

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la tso gɔmedzedzea me ke.
26Nye la nu geɖewo li mate ŋu agblɔ tso mia ŋuti eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta gake nyemawɔ esia o, elabene ame si dɔm ɖa la eyae nye nyateƒetɔ la, eye nu siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexeame.” 27Ke va se ɖe fifi hã la, ameawo mese nu si gblɔm wònɔ na wo le Fofo la ŋuti gɔme kpɔ o.

28Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Le nye ku kple tsitretsitsi vɔ megbe hafi miakpɔe adze sii be nyee nye Mesia la, eye nya siwo katã menɔ gbɔgblɔm na mi la menye nye ŋutɔ nye nya kpakpawo o, ke boŋ wonye nya siwo Fofo la fiam be magblɔ. 29Eya ame si dɔm ɖa la li kplim ɖaa, medzo le gbɔnye o, elabena mewɔa eƒe didi ko dzi ɖaa.” 30Esi wònɔ nu ƒom la ame geɖewo xɔ edzi se.

Nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe

31Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la bena “Ne mielé nye nufiafiawo me ɖe asi la, ekema mianye nye nusrɔ̃la vavãwo. 32Miadze si nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.”

33Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Miawo la Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye eye mienye kluviwo na ame aɖeke kpɔ le anyigba sia dzi o. Eya ta nu kae nèwɔnɛ esi nègblɔ bena, ‘Miazu ablɔɖeviwo’?”

34Yesu gagblɔ na wo be, “Mele gbe tem ɖe edzi na mi be ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi. 35Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la ya. 36Eya ta nenye be Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã. 37Menyae bena Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye, gake mi ame aɖewo miedi be yewoawum elabena nye nyawo mesɔ tome na mi o. 38Nu siwo gblɔm mele na mi lae nye esiwo teƒe mekpɔ esi menɔ Fofonye gbɔ. Gake miawo la, miele mia fofo ƒe gbedzi wɔm.”

Miawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃ viwo

39Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.”

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Abraham menye mia fofo o, ne mia fofoe wònye la, anye ne miadze kpɔɖeŋu nyui si wògblẽ ɖi na mi la yome.
40Ke miawo la miele agbagba dzem be yewoawum elabena mele nyateƒe si tso Mawu gbɔ la gblɔm na mi. Abraham mewɔ nu siawo ƒomevi aɖeke o. 41Le nyateƒe me ne miewɔ alea la, mia fofo ƒe afɔtoƒe tututu ko tom miele.”

Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasie mía dzilawo wɔ hafi dzi mí o. Fofo ɖeka koe li na mí le nyateƒe la me eye ayae nye Mawu ŋutɔ.”
42Yesu gblɔ na wo be, “Ɖe miaƒe nya sia le eme la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso hafi va mia gbɔ. Nyemeva le ɖokuinye si o ke boŋ Mawue ɖom ɖa. 43Nu ka tae miate ŋu ase nya si gblɔm mele na mi la gɔme o? Miesea nu gɔme o, elabena wogbe na mi be miagaɖo tom o. 44Miawo la Satana viwoe mienye eya tae mielɔ̃a nu vɔ̃ɖi siwo wowɔna la wɔwɔ. Amewulae wònye tso gɔmedzedzea ke eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe kui ɖeka pɛ hã mele eme o. Alakpadada hã la, meʋaa dzi nɛ o, elabena eyae nye alakpatɔwo fofo. 45Eya ta ne mele nyateƒe la gblɔm na mi hã la, ɖe ko wòɖia alakpa le miaƒe towo me ale miexɔa edzi sena o.

46“Mia dometɔ kae le afi sia si ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ ɖeka pɛ si mewɔ kpɔ la dzi? Ame aɖeke o. Ke nu ka tae ne mele nyateƒea gblɔm na mi la miexɔnɛ sena o. 47Ame si Fofoe nye Mawu la, ɖoa to eƒe nyawo dzidzɔtɔe. Gake esi miawo mielɔ̃a toɖoɖo Mawu ƒe nyawo o ta la, efia be mienye viawo o.”

Menɔ anyi hafi Abraham va dzɔ

48Yudatɔwo ƒe dumemegãwo gblɔ na Yesu dzikutɔe be, “Ɖe menye nyateƒe wònye miegblɔ be, Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?”

49Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Elabena nye la medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la miele vlo domem. 50Togbɔ be menye nye didi be makɔ ɖokuinye ɖe dzi o hã la, Mawu ŋutɔ dom ɖe dzi xoxo eye wòle ʋɔnu drɔ̃ ge ame siwo katã gbe nu le gbɔnye. 51Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame sia ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.”

52Yudatɔwo ƒe dumemegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ mieka ɖe edzi be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le mewò vavã, elabena Abraham kura kple nyagblɔɖila gã siwo nɔ anyi kpɔ la ku, ke wò la, èle gbɔgblɔm na mi fifia be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o. 53Ɖe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Eye ɖe nèle gbɔgblɔm hã be yede ŋgɔ wu nyagblɔɖila siwo ku va yia? Ame ka koŋ nèbuna be yenye?”

54Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o, ke Fofonye, si miawo hã miebe enye yewo ƒe Mawu lae le kafuyem. 55Nye la menya Fofo la, ke miawo la mienyae o. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Enye nyateƒe be menyae eye meɖoa toe le nuwo katã me. 56Esi mia fofo Abraham nya be megbɔna la dzi dzɔe eye eƒe dzidzɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkekea.”

57Yudatɔwo gabiae be, “Wò ame si mexɔ ƒe blaatɔ̃ ŋutɔ gɔ̃ hã haɖe o lae le gbɔgblɔm be yekpɔ Abraham mahã?”

58Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe matrɔmatrɔ lae nye be, nye la meli xoxoxo hafi Abraham va dzɔ ɖe xexeame nyitsɔ gɔ̃ hã.”

59Esi wògblɔ esia vɔ ko la, Yudatɔwo ƒe dumemegãwo fɔ kpe be yewoaƒui. Gake Yesu ɣla eɖokui eye wòdo go le gbedoxɔ la me.

Copyright information for EweBEE